Jump to content

Koo Nimo

Tso Wikipedia
Koo Nimo
ame
Sex or gendermale Trɔ asi le eŋu
Country of citizenshipGhana Trɔ asi le eŋu
Birth nameKwabena Boa-Amponsem Trɔ asi le eŋu
Date of birth3 Kele 1934 Trɔ asi le eŋu
Place of birthAshanti Region Trɔ asi le eŋu
Native languageAsante Trɔ asi le eŋu
Languages spoken, written or signedEŋlisigbe Trɔ asi le eŋu
EmployerUniversity of Michigan Trɔ asi le eŋu
Educated atAdisadel College Trɔ asi le eŋu
ResidenceAshanti Region Trɔ asi le eŋu
Koo Nimo (wodzi Kwabena Boa-Amponsem [1] le Dzove   ʄe ŋkeke blaeve-vɔ-adrelia dzi le ʄe 1931 me), [2] wòde tsita nɛ abe Daniel Amponsah [1] eye wònye “Palm wine hadzidzi” alo “Highlife” hadzilawo dometɔ vevitɔ ɖeka le Ghana. [3][4]

Tsɔ kpe ɖe gita ɖeka alo eve kple gbe ʄe ɖiɖiwo ŋuti, Asantiawo ʄe “Palm wine” haʄohanu siwo nyea dekɔnu haʄonuwo le ɣetoɖoʄe Afrika, abe apentemma kple donno, frikyiwa (gakpo gakogoe), prempensua (rhumba ɖakavi), ntorwa (go si ŋuti wolɔ̃ dzunukui alo nukuwo ɖo kple ɖɔka la, kple nnawuta (si ŋu woti gaʄoɖokui eve ɖo eye wonana gbeɖiɖi vevitɔ le ɖoɖo tɔxԑ nu alo dawuro (gaʄoɖokui si le akɔɖu ʄe dzedzeme nu).

Le ʄe 1990 me la, woʄoʄu Koo ʄe ha xexlẽme enyi sɔŋ ɖe agbakla (compact disk) ɖeka dzi eye woɖe ŋkɔ ne be Osaberima heɖe ɖe go. Esiae nye zi gbãtɔ si woda Ghanavi ʄe hadzidzidɔ ɖe CD dzi.[5] Le ʄe 1992 ʄe Dzove me, le Columbia Yunivesiti, New York, USA, Andrew L. Kaye tsɔ eʄe nusɔsrɔ̃gbalẽ aɖe si wòɖe ŋkɔ na be “Koo Nimo kple eʄe ʄuʄoʄome”: Ghana hadzila le gbegbɔgblɔ vovovowo ʄe hadzidziŋutinunya ʄe nukpɔsusu” eye wònae Dɔkita tso xexemenunya ŋuti ʄe dasedigbalẽ ɖe eʄe dɔ si wòwɔ ta.

Yaw Amponsah and Koo Nimo

Le ʄe 1998 me la, woxɔe abe nufialagã na gbegbɔgblɔɔ vovovowo ʄe hadzidziŋutinunya ene le Washington Yunivesitia me le Seattle, USA, ʄe eve sɔŋ hafi wòxɔ ɖoʄe ma tɔgbi le Michigan Yunivesiti le Ann Arbor. [6]

Le ʄe 2006 me la, Koo Nimo trɔ gbɔ va Ghana, henɔ dugã si nye Kumasi la me. Edze le Amerikatɔwo ʄe mɔzɔzɔ ŋuti wɔna si nye Anthony Bourdain: si ŋu womewɔ ɖeɖedaɖi aɖeke ʄe ɖoɖo le o, si me wòdze le henɔ haʄom, nɔ numedzodzro wɔm tso eʄe hadzidziwo ŋuti eye wonɔ vivisem kple ŋdɔ nuɖuɖu si wòɖa kple “greater rat cane” kpakple Anthony Bourdain si nye ame si gbɔ wòdze la.[7]

Nunanawo, bubudeameŋuwo kple hamevinyenyewo[ trɔ asi le ŋu]

[trɔ asi le eŋu | trɔ asi le etsoƒe ŋu]

Le ʄe 1979 me la, wode dzesi tɔxԑ eʄe wɔʄe ŋu le Ghana ʄe hadzidziwɔnawo me abe hadzila, nufiala kple dɔdzikpɔla ene, Wotia Koo Nimo be wòanye kplɔla na MUSIGA (Ghana hadzilawo ʄe habɔbɔ) Menye eʄe hadzidzi ŋu ɖeɖe ko ŋutie eʄe dukɔmeviwo kpɔ ŋudzedze le o ke ɖe eʄe lɔlɔ̃ kple bubudede dekɔnu hã ŋuti tae. Le ʄe 1985 me la wotiae be waònye zimenɔla na COSGA, tɔnyenyenalawo ʄe habɔbɔ si le Ghana le ɣeyiɣi kpui aɖe me ko. Medidi kura hafi woda bubudeame ŋkɔ ɖe eyama dzi abe hamevi ene le hadzidzi xɔ ŋkɔwo ʄe habɔbɔ si le duta la kple bubume xɔ ŋkɔwo abe Nufialagã J.H.K Nketia kple John Collins ene la ŋu.

Le ʄe 1991 ʄe Dzodze me la, abe dzesidede eʄe dɔwɔwɔ le hadzidzinyawo kple dukɔme sia ene la, Koo Nimo xɔ bubudeame ŋu tɔxԑ si nye ‘Asanteman’ nunana tso Asantehene gbɔ. Le Tedoxe me la, exɔ nunana si nye “Flagstar” nunana tso ECRAG (Modzakaɖeɖe ŋuti ɖeklemiɖelawo kple Numetolawo ʄe habɔbɔ si le Ghana) gbɔ. Le ʄe 1991 me la, wokpee be wòava wɔ dɔ le Dukɔa ʄe Dukɔmeviwo ʄe nyawo Gbɔkpɔha ʄe habɔbɔ me.

Le ʄe 1997 ʄe Tedoxe me la, Ghana dziɖuɖua ɖu ɖokuisinɔnɔ ʄe blaene (40) ʄe azẽ hena sika medalwo dukɔmevi wɔ nuteʄe blaene, wo dometɔ ɖekae nye Koo Nimo. Esia nye dzsidede eʄe wɔʄe le dekɔnu nyawo dodo ɖe ŋgɔ kple elele ɖe anyi ta. Le ɣleti si kplɔe ɖo me la exɔ Konkoma nunana ʄe eʄe akpa si wòwɔ le “Ghana Highlife" ʄe hadzidzi ta.

Wode dzesii eye wona nunanae le Modzakaɖeɖe ʄe Dzidzedzekpɔkpɔ ʄe nunana naʄe zi gbãtɔ. Wonae nunana ɖe eʄe akpa si wòwɔ le Ghana hadzidzi dwɔʄea ta, ʄe bla nanewoe nye esia.[8] Le 5e 2017 5e akpa a2e la University of Education, si le Winneba (UEW) tsɔ nunana na Koo Nimo to woʄe hadzidzi nusrɔ̃ʄe ʄe alɔdze dzi, wode bubu eŋu kple nunana si nye “Life Time Achievement” nunana.

Koo Nimo xɔ “Life Time Achievement” nunana sia le ʄe 2002 le “Vodafone Ghana” hadzidzi ʄe nunanawonaʄe le Gɛ̃ le eʄe akpa si wòwɔ le Ghana hadzidzi dɔwɔʄea ta.[9]

Hawo ʄe tanyawo

●       “Asanti Ballads” (ʄe 19680

●       Osabarima (ʄe 1990, wogbugbɔ he ɖe go le ʄe 2000)

●       Tete wo bi ka (ʄe 2000)

●       Highlife roots revival (ʄe 2012, Riverboat ʄe nuléɖi)

Hadzila siwo kpe ɖe eŋu

●   Ha “Se wo Nom Me (Togbato Ele Nye טu Nom)” le Rough Guide to Acoustic Afrika, ʄe 2012 World Music Network)

●   Ha ma ke le Rough Guide to Highlife (2012)

● “Adowa Palm-Wine set” le Rough Guide to the Music of West Afrika

  1. 1 2 "Archive copy". Archived from the original on 2012-03-15. Retrieved 2026-05-19.
  2. "Daniel 'Koo Nimo' Amponsah
  3. https://www.ghanaweb.com/GhanaHomePage/entertainment/artikel.php?ID=150107
  4. https://allafrica.com/stories/200809150570.html
  5. High Fidelity Magazine
  6. https://en.wikipedia.org/wiki/Koo_Nimo#cite_note-6
  7. https://vimeo.com/83905110
  8. https://en.wikipedia.org/wiki/Koo_Nimo#cite_note-2
  9. https://en.wikipedia.org/wiki/Koo_Nimo#cite_note-2